Luke 11

1Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be. “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa aɖe mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”

2Gbedodoɖa si Yesu fia wo lae nye esi. “Mia Fofo, woade bubu wò ŋkɔ kɔkɔe la ŋu ɖaa, na wò Fiaɖuƒea nava kaba. 3Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe, 4tsɔ mia ƒe nu vɔ̃wo ke mí le esi mietsɔ ame siwo da vo ɖe mía ŋuti la tɔwo kewo ta, eye megana be míage ɖe tetekpɔ me o.”

5Tete egblɔ na wo be, “Le kpɔɖeŋu me xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zatitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam, 6elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem eye naneke meli matsɔ nɛ woaɖu o.’

7“Ekema ame si le xɔme la aɖo ŋu be, ‘Megaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’

8“Mele egblɔm na mi be, nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne eƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wo elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii. 9Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Ne miebia nu la, woana mi, ne miedi nu la miakpɔe, eye ne mieƒo ʋɔa la woaʋui na mi ɣesiaɣi. 10Ame sia ame si bia nu la, xɔa nu si wòbia, ame siwo dia nu la kpɔnɛ eye woaʋu ʋɔa na ame sia ame si aƒoe la.”

11“Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwo bia abolo wò ɖe, kpee nàtsɔ nɛa? Ne wòbia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa? 12Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o!

13“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu si mia viwo bia mi wo la, ɖee mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔme, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”

Yesu kple Belzebul

(Mateo 12:22-30; Marko 3:20-27)

14Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta. 15Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Satana, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!” 16Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eyae nye Mesia la vavã.

17Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la dukɔa agba, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũ kple dzre la mate ŋu anɔ te o.” 18Nenye be enye nyateƒe abe ale si míegblɔe be Satanae le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la ale ke eƒe fiaɖuƒe anɔ tee? 19Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo me? Woawo hã tea ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã? 20Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema afia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.

21Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo eye wole eƒe fiasã ŋu dzɔm la eƒe nuwo anɔ dedie. 22Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi eye woxɔ ŋusẽ le esi la axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖa le esi eye wòama eƒe nunɔamesiwo.

23“Ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ne ame aɖe mele kpekpem ɖe ŋunye o la ele nye dɔ me gblẽm nam.”

Gbɔgbɔ makɔmakɔ la ƒe tɔtrɔgbɔ

(Mateo 12:43-45)

24“Nenye be wonya gbɔgbɔ vɔ̃ le ame aɖe me la, gbɔgbɔ vɔ̃a nɔa tsatsam nɔa sitsoƒe dim le dzogbe kple teƒe teƒewo. Nenye be mekpɔ teƒe aɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me. 25Ne wòkpɔ be wowɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛ la, 26eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.”

Yayra vavãtɔ

27Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawo ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.”

28Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo gake woana geɖe wu esia ame siwo sea mawunya la eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”

Amewo bia dzesi

(Mateo 12:38-42; Marko 8:12)

29Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o. 30Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la anye dzesi na dzidzime siae.”

31“Le ʋɔnudrɔŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tre afia asi dzidzime sia eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso didiƒe aɖe ke va be yease Salomon ƒe nufiamenyawo. Evɔ ame si de ŋgɔ wu Salomon sãa la le afii gake ame ʋee aɖewo koe ɖoa toe.”

32“Ninivetɔwo kura gɔ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo, ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.

Ŋutilã ƒe kekeli

(Mateo 5:15; 6:22-23)

33“Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi bena wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me. 34Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ŋuti hã akɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwo la, mate ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me. 35Eya ta mikpɔ nyuie bena miagaxe mɔ na kekeli la o. 36Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me eye viviti aɖeke mele mewo o la, ekema wò gota gome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewo ene.”

Babadodo na Farisitɔwo kple sefialawo

(Mateo 23:1-36; Marko 12:38-40; Luka 20:45-47)

37Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe eme hebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu. 38Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.

39Yesu gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, miewɔa nu le gota abe ɖe miedza ene evɔ miaƒe dzime ya ƒoɖi kpekpekpe ŋubiabiã kpakple tamesesẽ sɔŋ koe le mia me. 40Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa? 41Dzadzɛnyenye nyuitɔe nye esi woɖe fia to dɔmenyowɔwɔ me.

42“Gake mele egblɔm na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔna miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia nana Mawu hã, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.

43“Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina. 44Le nyateƒe me la ʋunudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe le mia lalam. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ ene. Amewo vatoa mia dzi eye womenya nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”

45Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome, la yɔe eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, edo vlo miawo hã.”

46Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Esia le me vavã elabena nu dziŋɔ siawo le miawo hã lalam, elabena miedina be amewo nanɔ xɔse ƒe agbe ɖe ɖoɖo aɖewo nu, evɔ miawo ŋutɔwo la, mietenɛ kpɔ be yewoawɔ ɖe ɖoɖo siawo dzi o. 47Baba na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene. 48Hlɔ̃dolawo! Mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Nenema ke ko miawo hã miawɔ.

49“Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu la enye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo eye mianya ɖewo de gbe.’

50“Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu be miawoe wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke. 51Le nyateƒe me, woabu fɔ mi be miawoe wu ame siwo katã wowu tso Abel dzi va se ɖe Zakaria ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe mia dzi.

52“Baba na mi senyalawo elabena mieɣla nyateƒe la ɖe amewo. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”

53Esi wòdo go tso afi ma la Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam 54be woalée le eƒe nuƒoƒo me.

Copyright information for EweBEE